1 Corinthians 7

Nya tso srɔ̃ɖeɖe ŋu

1Nya siwo miebiam le agbalẽ si mieŋlɔ ɖo ɖem me la ƒe ŋuɖoɖo enye be, ne ŋutsu aɖe meɖe srɔ̃ o la, megblẽ naneke o. 2Gake, zi geɖe, le ahasiwɔwɔ ta la, enyo be ame naɖe srɔ̃, ŋutsu ɖe sia ɖe kple etɔ; nenema kee nye nyɔnu ɖe sia ɖe hã, ale be ame aɖeke nagawɔ nu vɔ̃ o.

3Ele na srɔ̃ŋutsu be wòakpɔ egbɔ be yemegblẽ ye srɔ̃ ɖi le go aɖeke me o eye srɔ̃nyɔnu hã nawɔ nenema pɛpɛpɛ. 4Ne nyɔnu ɖe srɔ̃ ko la, ekema megakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ŋutilã dzi o, ke boŋ srɔ̃a hã kpɔ ŋusẽ ɖe edzi eye nenema ke srɔ̃nyɔnu hã kpɔ ŋusẽ ɖe ŋutsua ƒe ŋutilã dzi, ale ŋutsua mate ŋu awɔ nu si dze eya ŋutɔ ɖeɖe ko ŋu o.

5Eya ta srɔ̃tɔwo nakpɔ egbɔ be yewomegblẽ yewo nɔewo ɖi o, negbe wo ame eve la wowɔ ɖoɖo tɔxɛ be yewoakpɔ ɣeyiɣi ado gbe ɖa. Emegbe la mite kpe be Satana nagate mi akpɔ le ɖokuidzimaɖumaɖu ta o. 6Mele esia gblɔm abe mɔnana ene ke menye abe sedede ene o. 7Anye nye didi be ŋutsuwo katã nanɔ abe nye ene. Gake ŋutsu ɖe sia ɖe kple nunana si wòxɔ tso Mawu gbɔ, ame ɖeka xɔ nunana sia eye ame bubu xɔ nunana kemee. 8Eya ta magblɔ na trewo kple ahosiwo be woanɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee abe nye ŋutɔ ene. 9Gake, ne ame aɖe mate ŋu aɖu eɖokui dzi o la, ekema neɖe srɔ̃ elabena enyo be woaɖe srɔ̃ wu be woayɔ fũu kple fieŋufieŋu. 10Ke mele se sia dem na srɔ̃tɔwo, menye nyee le sea dem o, ke boŋ Aƒetɔ lae be, srɔ̃nyɔnu mekpɔ mɔ agbe srɔ̃ŋutsua o. 11Ke ne egbee la, ele nɛ be wòanɔ tre alo wòatrɔ ayi aɖawɔ ɖeka kple srɔ̃ŋutsua. Nenema ke srɔ̃ŋutsu hã mekpɔ mɔ agbe srɔ̃nyɔnua o.

12Azɔ nye ŋutɔ medi be maɖo aɖaŋu aɖe na mi; esia menye Aƒetɔ la ƒe sedede o, gake edze nam abe enyo ene. Eyae nye be, ne kristotɔ aɖe srɔ̃nyɔnu menye kristotɔ o, gake nyɔnua lɔ̃ be yeanɔ egbɔ la, ŋutsua megaɖe asi le eŋu o. 13Nenema ke, ne nyɔnu kristotɔ aɖe srɔ̃ŋutsu menye kristotɔ o gake wòlɔ̃ be nyɔnua nanɔ ye gbɔ la nyɔnua hã megagbee o. 14Elabena srɔ̃ŋutsu si mexɔ se o la ŋuti kɔ le srɔ̃nyɔnua ta eye nenema ke srɔ̃nyɔnu si mexɔ se o la hã ŋuti kɔ le srɔ̃ŋutsua ta. Nemenye nenema o la mia viwo anye nu makɔmakɔwo, gake esi wòle alea ta la, wo ŋuti kɔ. 15Ke ne srɔ̃tɔ si mexɔ se o la dzo la, neyi fãa. Elabena sea aɖeke mebla srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu si xɔse la le nya sia me o; Mawu yɔ mí be míanɔ anyi le ŋutifafa me. 16Srɔ̃nyɔnu, ale ke nèwɔ nya be àte ŋu aɖe srɔ̃wò ŋutsu? Alo wò srɔ̃ŋutsu, ale ke nèwɔ nya be àte ŋu aɖe srɔ̃wò nyɔnu?

17Le esiawo katã wɔwɔ me la, ame sia ame nakpɔ egbɔ be yewɔ ɖe Mawu ƒe ɖoɖo dzi le srɔ̃ɖeɖe me loo alo le trenɔnɔ me eye nu sia nu si Mawu na ame aɖe la, wòaxɔe kple dzi faa. Hamewo katã nawɔ ɖe sedede vevi siawo dzi.

18Le kpɔɖeŋu me, ne wotso aʋa na ŋutsu aɖe le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu hafi wòtrɔ zu kristotɔ la, amea megatsi dzi le eŋu kura o. Nenema ke ne wometso aʋa na ame aɖe hã o la, eya hã megatsi dzi be ele be yeatso aʋa kokoko o.

19Elabena kɔnu sia wɔwɔ mele vevie kura le kristotɔgbenɔnɔ me o. Nu si le vevie enye be kristotɔ nakpɔ egbɔ be yele Mawu ƒe sewo dzi wɔm eye be Mawu nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ɣesiaɣi. 20Ame sia ame nanɔ nɔnɔme si me wònɔ hafi Mawu yɔe, ne enye aʋatsotso alo aʋamatsomatsotɔ. 21Ne ènye kluvi hafi zu kristotɔ la, mègana wòaɖe fu na wò o. Gake ne èkpɔ mɔnu be nazu ablɔɖevi la, mègana wòato ŋuwò o. 22Kluvi si trɔ zu kristotɔ la zu Kristo ƒe agblɔɖevi eye wòvo tso nu vɔ̃ ƒe asi sesẽ la te. Ke ne ènye ablɔɖevi hafi zu kristotɔ la, nyae be yezu Kristo ƒe kluvi azɔ. 23Yesu Kristo ƒle mi eye wòxe fe ɖe mia ta keŋkeŋ eya ta miezu etɔ eye le esia ta migawɔ mia ɖokuiwo abe kluviwo ene na amegbetɔwo kple xexe sia me nuwo o. 24Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, ale si ame sia ame nɔ hafi zu kristotɔ ko la, nenɔ nenema elabena azɔ la Aƒetɔ la li kplii eye wòakpe ɖe eŋu le nu sia nu me.

25Azɔ maɖo miaƒe biabia evelia ŋu na mi. Miele biabiam be, nu ka yewoawɔ kple ɖetugbi siwo meɖe srɔ̃ haɖe o la hã? Ɖe woaɖe mɔ na wo be woaɖe srɔ̃ faa hã? Le nyateƒe me la, nyemexɔ sedede tɔxɛ aɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ le nya sia ŋu o. Ke Mawu ŋutɔ na susum be mawɔ eŋutidɔ eya ta magblɔ nu si nye ŋutɔ mebu le nya sia ŋu la na mi.

26Eyae nye be, le fukpekpe geɖe si le mí kristotɔwo dzi vam le egbe ŋkekewo me ta la, anyo be ame sia ame nanɔ anyi be ale si wole fifia ene. 27Ne èɖe srɔ̃ la mègagbee o. Ne meɖe srɔ̃ haɖe o la megaɖe o. 28Ke ne èɖe srɔ̃ la mèwɔ nu vɔ̃ o, eye ne ɖetugbivi dza ɖe srɔ̃ la, mewɔ nu vɔ̃ o. Gake ame siwo ɖe srɔ̃, woaɖo go fuɖename geɖewo le agbe sia me, nukpekpeame siawo mee medi be maɖe mi tsoe.

29Nɔviwo nu si gblɔm mele lae nye be; Ɣeyiɣi la le kpuie. Eya ta tso azɔ dzi la, ame siwo si srɔ̃ le la, nanɔ agbe abe srɔ̃ ɖe mele wosi o ene.

30Ame siwo le nu xam la nanɔ abe ɖee womele nu xam o ene, dzidzɔkpɔlawo abe ɖe womele dzidzɔ kpɔm o ene eye ame siwo ƒle nuwo kɔ ɖi la abe nuawo menye wotɔ o ene. 31Nenema ke ame siwo wɔ xexe sia me nuwo ŋuti dɔ abe ɖe wometsɔ ɖeka le xexemenuwo me o ene. Elabena xexe sia me abe ale si wòle fifia ene la nu ava yi kpuie.

32Migatsi dzi ɖe naneke ŋu o. Ne srɔ̃ mele ŋutsu aɖe si o la, ekema ekpɔa vovo ɖe Aƒetɔ ƒe dɔ ŋu nyuie, eye wòdina ɣesiaɣi be yeƒe agbe nadze Aƒetɔ ŋu. 33Ke srɔ̃tɔ ya mate ŋu awɔ alea o, elabena agbe sia me ƒe hloloetsotso xɔa eƒe ɣeyiɣi, eye eƒe didi koe nye be yeadze ye srɔ̃ ŋu ɣesiaɣi. 34Ale eƒe dzi ƒe didiwo ma ɖe akpa gã eve me. Alea ke wònɔna na ɖetugbi si le atsuƒe hã. Eƒe susu katã nɔa srɔ̃a, viawo kple aƒemedɔwo ŋu ɣesiaɣi ale vovo menɔa eŋu kura na Mawu ƒe dɔ o. Ke nyɔnu si mele atsuƒe o la ƒe didi katã koe nye be yeawɔ dɔ na Aƒetɔ ɣesiaɣi.

35Menye ɖe mele nya siawo gblɔm be maɖe dzi le mia ƒo le srɔ̃ɖeɖe ŋu o, ke boŋ be makpe ɖe mia ŋu. Medi be miadze agbagba awɔ nu sia nu si ana be miate ŋu asubɔ Mawu nyuie la eye miagaɖe mɔ na nu kukluiwo be woaxe mɔ na mi o.

36Ne mia dometɔ aɖe kpɔe be trenɔnɔ menyo na ye o, elabena yemetea ŋu ɖua ye ɖokui dzi nyuie o la, ekema enyo be wòaɖe srɔ̃. Esia menye nu vɔ̃ o. 37Gake ne ame aɖe ya, tea ŋu ɖua eɖokui dzi nyuie eye le esia ta wòɖoe be yemaɖe srɔ̃ o la, ewɔe nyuie. 38Eya ta nɔviwo, minyae be, ne ame aɖe ɖe srɔ̃ la, mewɔ nu gbegblẽ o eye ne ame bubu hã meɖe srɔ̃ o la, etɔ kura ganyo wu.

39Srɔ̃nyɔnu kple srɔ̃ŋutsu le ɖeka zi ale si wole agbe. Ke ne ŋutsua ku la ekema nyɔnua kpɔ mɔ aɖe ŋutsu bubu le Aƒetɔ la ƒe ɖoɖo nu. 40Ke le nye nukpɔkpɔ nu la, meka ɖe edzi be ne nyɔnu ahosia megaɖe srɔ̃ bubu kura o la, anyo nɛ wu. Meka ɖe edzi be Mawu ƒe Gbɔgbɔe le aɖaŋu sia ɖom na mi to dzinye.

Copyright information for EweBEE